1 Corinthians 2

Mawu ƒe ɖoɖowo ɖia bometsinu na dzimaxɔsetɔwo

1Nɔviwo, esi meva mia gbɔ zi gbãtɔ la nyemegblɔ mawunya na mi kple susu deŋgɔ boo aɖeke o. 2Elabena meɖoe kplikpaa be nyemagblɔ nya boo aɖeke wu esi ku ɖe Aƒetɔ Yesu Kristo kple eƒe ku le atitsoga ŋuti la ŋu o. 3Meva mia gbɔ le ɖokuibɔbɔ gã aɖe me eye menɔ vɔvɔ̃m henɔ dzodzom nyanyanya. 4Nyemeɖe ami ɖe nye mawunyagbɔgblɔ kura o, ke boŋ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ŋutɔ nɔ menye hedo ŋusẽ nye nyawo ale be ame siwo se nyawo la, dze sii be Mawu gbɔe wotso, ke menye xexemenunyala aɖeke ƒe nyawo wonye o. 5Mewɔ esia be miaƒe xɔse nali ke le Mawu ƒe ŋusẽ me ke menye le amewo ƒe nunya nu o.

6Ke ne mele kristotɔ siwo de ŋgɔ le gbɔgbɔ me la dome la, meƒoa nu na wo kple nunya tɔxɛ. Ke hã la, nyemewɔa xexe sia me nunya ŋutidɔ o eye nyemegblɔa nya siwo ƒomevi asɔ tome na ameŋuta siwo le xexeame, ame siwo le tsɔtsrɔ̃ ge abe ale si Mawu ɖoe anyi ene o. 7Nya siwo míegblɔna la tso Mawu ŋutɔ gbɔ, eya ta wonye nya siwo gɔmesese blibo li na eye woɖe Mawu ƒe ɖoɖo tɔxɛ si wowɔ be yeana míakpɔ dzidzɔ la fia. Togbɔ be wowɔ ɖoɖo sia da ɖi hena míaƒe viɖekpɔkpɔ hafi xexeame va dzɔ hã la, enɔ ɣaɣla ɖe mía tɔgbuiwo. 8Ke nublanuitɔe la, xexe sia me ƒe amegãwo mese ɖoɖoa gɔme o. Nenye ɖe wose egɔme la anye ne womeklã Ŋutikɔkɔe ƒe Aƒetɔ la ɖe atitsoga ŋu o.

9Esia tututue le Mawu ƒe nya la me be, nu si amegbetɔ aɖeke mekpɔ kple ŋku o, nu si ame aɖeke mese kpɔ alo nu si ame aɖeke mesusu ɖe tame kpɔ gbeɖe o la, eya tututue Mawu dzra ɖo ɖi na ame siwo lɔ̃a Aƒetɔ la. 10Gake míawo ya míenya nu le nu siawo ŋu elabena Mawu ɖo eƒe Gbɔgbɔ ɖe mí be wòaɖe nu ɣaɣla siawo afia mí eye eƒe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la dzroa nu sia nu me tsitotsito heɖea Mawu ƒe nu ɣaɣlawo katã fiaa mí. 11Amegbetɔ aɖeke mate ŋu anya nu si le nɔvia ƒe tame alo ame si ƒomevi tututu ame bubu aɖe nye o, ke amea ŋutɔ koe anya nu si le tame nɛ. Nenema ke ame aɖeke mate ŋu anya Mawu ƒe susuwo o negbe Mawu ƒe Gbɔgbɔ la ŋutɔ ko. 12Le nyateƒe me la, Mawu tsɔ eya ŋutɔ ƒe Gbɔgbɔ na mí be wòaɖe Mawu ƒe dɔmenyo ƒe nunana gã si nye eƒe yayra kple amenuveve manyagblɔ la afia mí. 13Nya siwo tututu Gbɔgbɔ Kɔkɔe la gblɔ na mí la woawoe míetsɔ ɖe nya me na mi le nunana siawo ŋu, ke menye nya siwo dze mía ŋutɔwo ŋue megblɔ na mi o. Ale míeƒoa nu kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe ŋusẽ be míatsɔ aɖe eƒe nyawo me na mi. 14Eya ta ne ame aɖe mexɔ Kristo ƒe Gbɔgbɔ o la mate ŋu ase Mawu ƒe nya siawo gɔme o eye maxɔ wo dzi ase hã o, elabena Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ŋutɔe le nya siawo gblɔm. Nya siawo katã aɖi bometsinya le tome na ame sia tɔgbi elabena ame siwo me Gbɔgbɔ Kɔkɔe la le la koe ate ŋu ase nya si gblɔm Gbɔgbɔ Kɔkɔe la le la gɔme, ame bubu aɖeke mate ŋu ase egɔme o. 15Ke ame si me Gbɔgbɔ la le la, sea, nu sia nu me tsitotsito, eye esia ɖea fu na xexeametɔwo, ame siwo me Gbɔgbɔ la mele o, elabena eya mate ŋu ase nu siawo gɔme o. 16Wɔna aɖeke mele ame sia tɔgbi ŋu o, elabena menya Aƒetɔ la ƒe susu o eye medzroa nya me kple Mawu kaka wòava yi Mawu yɔ ge to gbedodoɖa me wòatɔ nɛ o. Gake la enye nukunya be Kristo ƒe ɖoɖowo kple eƒe susuwo ƒa akpa aɖe le mí kristotɔwo me.

Copyright information for EweBEE